Matthew 14:1-12

Tatsotso le Yohanes nu

(Marko 6:14-29; Luka 9:7-9)

1Fia Herodes se Yesu ŋkɔ 2ale wògblɔ na eƒe amewo bena, “Edze ƒã be Yohanes Mawutsidetanamelae gagbɔ agbe, eya tae wòte ŋu le nukunu geɖe siawo wɔm.” 3Azɔ la Herodes na wolé Yohanes eye woblae de gaxɔme, le Herodia nɔvia Filipo srɔ̃ ta, 4elabena Yohanes he nya ɖe Herodes ŋu be menyo be wòaxɔ nɔvia Filipo srɔ̃ aɖe o. 5Herodes di be yeawu Yohanes gake enɔ vɔvɔ̃m be ʋunyaʋunya ava dzɔ elabena amewo katã xɔe se be Yohanes nye nyagblɔɖila.

6Gbe ɖeka la, Herodes nɔ dzigbe ŋkeke ɖum, eye Herodia ƒe vinyɔnuvi va ɖu ɣe le amekpekpeawo ŋkume. Eƒe ɣeɖuɖu nyakpɔ na Herodes ŋutɔ, 7eya ta edo ŋugbe be yeana nu sia nu si nyɔnuvi la abia ye lae. 8Nyɔnuvia bia dada nu si wòabia. Dada gblɔ nɛ be nebia Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta. Ale wòva do ɖe fia gbɔ gblɔ nɛ be, “Mele Yohanes Mawutsidetanamela ƒe ta dim le agba me.”

9Nya sia te ɖe Fia la dzi ŋutɔ, gake le atam si wòka ta la, medi be yeaɖu ŋukpe le eƒe amekpekpeawo ŋkume o, ale wòɖe gbe be woatso ta le Yohanes nu atsɔ vɛ.

10Ale woyi ɖatso ta le Yohanes nu le gaxɔ me, 11tsɔ de agba me tsɔ vɛ na nyɔnuvia eye wòtsɔe yi na dadaa.

12Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo se nya la eye woyi ɖaxɔ eƒe kukua heyi ɖaɖi. Emegbe woyi ɖaka nya la ta na Yesu.

Copyright information for EweBEE